Matthew 19:13-15

Yesu yra ɖevi suewo

(Marko 10:13-16; Luka 18:15-17)

13Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔe be wòada asi ɖe wo dzi eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo blu ɖe dzilawo ta.

14Gake Yesu gblɔ bena, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” 15Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi eye wòyra wo hafi dzo.

Copyright information for EweBEE